Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 26:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 26:2
33 Mawu Ofanana  

Eye ŋutsua ɖe tso Baal-Salisa tsɔ lubolo blave, siwo nye nuku gbãtɔwo ƒe abolo kple bli tɔtɔe ɖe kotoku me ve na Mawu ƒe ame la; ke eya gblɔ be, wòatsɔe na ameawo, ne woaɖu.


Esi nya sia ɖi wose la, Israel-viwo na bli, wein, ami kple anyitsi kpakple agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo, wona nuwo katã ƒe ewoliawo taŋtaŋ.


ke metia Yerusalem, be nye ŋkɔ nanɔ afima, kple Dawid, be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.


Gbemagbe wodo ŋutsuwo nudzraɖoƒexɔ, siwo me nudzɔdzɔ, nu gbãtɔwo kple nuwo ƒe ewolia le la nu, be woadzɔ nu tso agblededuwo me ade wo me na nunɔlawo kple Lewi-viwo, abe alesi wode see ene; elabena Yuda kpɔ dzidzɔ le nunɔla kple Lewi-vi, siwo tsi tre ɖi,


kple ɖoɖowo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi ŋu kpakple ɖe nu gbãtɔwo. Nye Mawu, ɖo ŋku edzi nam hena nye nyui.


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Nenema ke nawɔ wò nyiwo kple alẽwo hãe; ŋkeke adre wòanɔ dada gbɔ, eye le ŋkeke enyilia dzi natsɔe nam.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Yehowa be: Israel le kɔkɔe na Yehowa, eƒe agblemenu gbãtɔwo wonye; amesiwo katã ɖui la, kpɔe ɖe enu; dzɔgbevɔ̃e va wo dzi!


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe blibo la, amesiwo katã le anyigba dzi la, asubɔm le nye to kɔkɔe la, Israel ƒe to kɔkɔ la dzi; gama maxɔ wo le atuu, eye madi woƒe adzɔwo, woƒe vɔsanuwo ƒe gbãtɔwo kpakple woƒe nusiwo katã ŋu woka la le.


Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo to, mitso miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.


Womekpɔ mɔ atsɔ ɖe adzra o, womaɖɔ lii o, eye anyigba la ƒe nyuitɔ mayi ɖe ame bubu si me o; elabena nu kɔkɔe wònye na Yehowa.


Woate ŋu anɔ miaƒe nu gbãtɔwo me, miatsɔ ava na Yehowa; ke womate dzo wo le vɔsamlekpui la dzi abe ʋeʋẽ lilili ene o.


Ne èbe, yeatsɔ wò agblemenu gbãtɔwo asa nuɖuvɔe na Yehowa la, ekema namè blitimuawo, eye nagbã wo hafi atsɔ asa wò nuɖuvɔ lae.


Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.


eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.


Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.


Ke azɔ la Kristo tsi tre tso ame kukuwo dome, eye wòzu amesiwo dɔ alɔ̃ la dome ŋgɔgbetɔ.


Gake amesiame le ye ŋutɔ ƒe ɖoɖo nu: Gbãtɔ enye Kristo; emegbe la amesiwo le Kristo me le eƒe vavagbe la;


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Emegbe naɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, eye nana nusi su asiwò la faa, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yra wò nèkpɔe ene.


Natsɔ wò agblemenu, wò wein kple wò ami ŋgɔgbeawo kpakple wò alẽfu, si nètre koko la, ana wo.


Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi, eye nèxɔe hetso aƒe ɖe edzi la,


eye nayi nunɔla, si le ɣemaɣi la gbɔ agblɔ nɛ bena Mele eme ʋum na Yehowa, wò Mawu la, egbea be: Meva anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na mí la dzi.


Le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu ta wòtsɔ nyateƒenya la dzi mi, bena míanye eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ.


Esi anyigba la na ta wo vɔ la, Israel-viwo ƒe ha blibo la va kpe ta ɖe Silo, eye wotu Mawu ƒe agbadɔ la ɖe afima.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa