Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 26:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yehowa ka de dzi na wò egbea bena, anye eya ŋuta ƒe dukɔ, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, eye nalé eƒe sewo katã me de asi,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 26:18
20 Mawu Ofanana  

Eye nèɖo wò dukɔ Israel tè dzi, be wòanye wò dukɔ tegbee, eye wò Yehowa nèzu eƒe Mawu.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Elabena Yehowa tia Yakob na eɖokui, eye wòtsɔ Israel wɔ eɖokui tɔe.


Mawɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, amesi kplɔ mi le dɔ sesẽ la nu tso Egipte.


Yehowa be: Alesi alidziblanu noa ali na ŋutsui la, nenema memiã Israel ƒe aƒe blibo la kple Yuda ƒe aƒe blibo la ɖe ɖokuinye ŋui, ne wòanye dukɔ, ŋkɔ, kafukafu kple atsyɔ̃ nam, ke womeɖo to o.


Mínye ame kɔkɔewo nam, elabena nye Yehowa la kɔkɔetɔ menye, eye metia mi tso dukɔwo dome, bena mianye tɔnye.


Ma-kplɔ mi agbɔe ɣemaɣi, eye maƒo mia nu ƒu ɣemaɣi; elabena ne meɖo mi te miekpɔ kple ŋku la, matso mi awɔ bubu kple kafukafu le anyigba dzi ɖukɔwo katã ɖome; Yehowa ye gblɔe!


esi woɖe ɖe go fia azɔ, eye to nyagblɔɖilawo ƒe ŋɔŋlɔawome le Mawu mavɔtɔ ƒe sedede la nu, wòna trɔ̃subɔlawo katã nyae hena xɔse ƒe toɖoɖo:


elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!


Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.


Ne èlé Yehowa, wò Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye nèzɔ eƒe mɔwo dzi la, ekema Yehowa aɖo wò nanye eƒe dukɔ kɔkɔe, abe alesi wòka atam na wò ene.


Menye miawo ɖeɖe mebia nusia kpli o, eye menye miawo ɖeɖe meka atam sia na o,


Ke Yehowa ɖe miawo tso aŋɔɖakpo me le Egipte, bena mianye eya ŋutɔ ƒe dukɔ, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa