Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.
Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.
ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.