Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 24:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na srɔ̃a, eye wòanyae.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 24:1
19 Mawu Ofanana  

Ke ne eya ŋutɔ gaɖe nyɔnu bubu kpe ɖe eŋu la, ekema megale nuɖuɖu kple avɔtatae o, eye megagbe egbɔ dɔdɔ, hã o.


Ale Yehowa gblɔ esi: Afika mía dada ƒe asigbegbalẽ, si metsɔ gbee la le? alo ameka nye nye fetɔ, si metsɔ mi dzra na? Kpɔ ɖa, mia vodadawo ta wotsɔ mi dzra, eye le mia dzidadawo ta wogbe mia dada ɖo.


Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?


Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.


Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne ŋutsua ɖe srɔ̃ da ƒu, eye meɖi anukware nɛ o,


Ke ne nyɔnu la megblẽ kɔ ɖo o, eye eƒe nya dzɔ la, ekema naneke mawɔe o, eye wòagate ŋu afɔ fu.


Ke srɔ̃a Yosef, si nye ame dzɔdzɔe, eye mele didim be, yeado ŋukpee o la, do tame bena, yeagblẽe ɖi le aɖaŋu me.


Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.


Ne ŋutsua ɖe ɖe nyɔnu eve, eye wòlɔ ɖeka, ke melɔ̃ evelia o, eye esi wòlɔ̃na kple esi melɔ̃na o la siaa dzi viwo nɛ, gake esi melɔ̃na o la tɔ nye eƒe ŋgɔgbeviŋutsu,


Ne amea ɖe ɖe srɔ̃, eye wòdo egbɔ, emegbe wòlé fui,


Eyome wòaxe klosalo alafa ɖeka na nyɔnuvia fofo, le esi wogblẽ Israel-ɖetugbi ŋkɔ ta; emegbe woatsɔe nɛ wòanye srɔ̃, eye maɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.


ekema ŋutsu, si de asi eŋu la, naxe klosalo blaatɔ̃ na nyɔnuvia fofo, eye woaxɔe aɖe, le esi wògblẽe la ta, eye mekpɔ mɔ aɖe asi le eŋu le eƒe agbe me ŋkekewo katã me o.


eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu,


eye ŋutsu sia hã lé fui, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me, alo ŋutsu sia, amesi xɔe ɖe, ku la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa