Amedzrovi, si ku ɖe Yehowa ŋu la, megagblɔ be, Yehowa le ye ɖe ge ɖa atso eƒe dukɔ ŋu o; eye ame tata megagblɔ be, kpɔ ɖa, ye la, ati ƒuƒu ko ye nye o.
Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!