Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 23:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe mi le mɔ dzi, esime mieʋu tso Egipte la o, eye woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu, be wòaƒo fi ade mi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 23:5
23 Mawu Ofanana  

Ɖewohĩ Yehowa akpɔ nye hiã la nam, eye Yehowa atsɔ nyui aɖo ɖiŋu, si wòɖo nam egbe la teƒe.


elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe Israel-viwo o, eye woda Bileam ɖe wo ŋu, be wòaƒo li aɖe wo, ke mía Mawu trɔ fiƒoɖe la wòzu yayra.


Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


Alesi atsutsure dzena, eye sagbadre saa agbae la, nenema nye tiƒoƒo de ame naneke mawɔmawɔ.


Yehowa ɖe eɖokui fiãm le didiƒe. Metsɔ lɔlɔ̃ mava lɔ̃ wò, eyata meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.


Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Nye ɖukɔ, ɖo ŋu tame, si Moab-fia Balak ɖo, kple alesi Bileam, Beor vi la, ɖo eŋu nɛ; ɖo ŋu nya, siwo dzɔ tso Sitim vaseɖe Gilgal, ne nadze si Yehowa ƒe dɔmenyo!


Ale Yehowa gblɔ esi: Melɔ̃ mi. Eye ne miebe: Nuka nètsɔ lɔ̃ mí hã la, ale Yehowa gblɔ esi: Ɖe menye Yakob nɔvie nye Esau oa? Melɔ̃ Yakob,


Yehowa ƒe dɔla la gblɔ na Bileam bena: Yi kple ŋutsuawo; gake nya, si mato na wò la, eya ko nagblɔ! Ale Bileam yi kple Balak-ŋu megãwo.


Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Bileam, Beor vi gbɔ, le Petor le tɔsisi la nu le edetɔwo ƒe anyigba dzi, bena woayɔe vɛ hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe nye si ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eye wòƒu asaɖa anyi ɖe mia kasa.


Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Le nyanyuie la nu wonye ketɔwo le mia ŋuti, ke le tiatia la nu wonye lɔlɔ̃tɔwo le fofoawo ta:


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Yakob la melɔ̃, ke Esau la melé fu.“


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


abe alesi Esau-vi, siwo le Seir, kple Moabitɔ, siwo nɔ Ar la, wɔm ene, — vaseɖe esime matso Yordan ava anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mía na ge la dzi.


Elɔ̃ dukɔwo, eye eƒe ame kɔkɔewo katã le esi me. Wodze wò afɔ yome, eye netsɔ wò nya kplɔ wòe.


Elabena elɔ̃ fofowòwo, eyata wotia wo megbeviwo, eye eya ŋutɔ kpamkpam tsɔ eƒe ŋusẽ gã kplɔ wò tso Egipte,


ke megbe toɖoɖo Bileam, eye wotso mi yra boŋ, eye meɖe mi tso esi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa