Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 23:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amonitɔ kple Moabitɔa ɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o, kekeke woƒe dzidzime ewolia ke hã mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me gbeɖe o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 23:4
19 Mawu Ofanana  

Esi Izebel tsrɔ̃ Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadya kplɔ nyagblɔɖila alafa ɖeka ɖaɣla ɖe agado me blaatɔ̃blaatɔ̃, eye wòtsɔ abolo kple tsi nyi wòe.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe Israel-viwo o, eye woda Bileam ɖe wo ŋu, be wòaƒo li aɖe wo, ke mía Mawu trɔ fiƒoɖe la wòzu yayra.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Ɖe Amon-viwo ŋu: Ale Yehowa gblɔ esi: ɖe ŋutsuvia ɖeke mele Israel si, alo domenyilaa ɖeke mele esi oa? Nukaŋuti Malkam xɔ Gad wɔ etɔe, eye eƒe dukɔ le eƒe duwo me?


Futɔ la do asi ɖe eƒe nu veviwo katã ŋu; elabena ekpɔ ɖukɔ, siwo nèɖe se na be, womegava wò amehawo ɖome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Amedzro, siwo nye bolotɔwo, wometso dziʋa hã na wo o, amedzro, siwo katã le Israel-viwo dome la dometɔa ɖeke megava nye kɔkɔeƒe la o;


Tete wògblɔ nɛ bena: Ɖe abla naɖagblɔ na ɖekakpuivi ma bena: Yerusalem anɔ nuvo le ame kple lã geɖe, siwo anɔ eme la ta.


Elabena made bubu ŋuwò ŋutɔ, eye nusianu, si nagblɔ nam la, mawɔe. Eyata va naƒo fi ade dukɔ sia nam dzro!


Eye wòdo eƒe numegbe la hegblɔ bena: Balak kplɔm tso Aram, ɣedzeƒetɔwo dzi Moab-fia kplɔm tsoe be: Va naƒo fi de Yakob nam, eye va nado ɖiŋu na Israel nam!


Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na.


eye wòdze anyi, eye wose gbea ɖe le gbɔgblɔm ne bena: Saul, Saul, nuka wo nèle yonyeme tima?


Tete Moab-fia Balak, Zipor vi, ho va wo aʋa kple Israel, eye wòdo woyi ɖayɔ Bileam, Beor vi vɛ, be wòaƒo fi ade mi;


Esime wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi la, wotre mɔ, eye wodze Bileam, Beor vi, amesi lɔ madzɔmadzɔnyenye ƒe fetu la yome;


Baba na wo! Elabena wodze Kain ƒe mo dzi yina, eye wohe wo ɖokui ɖe Bileam ƒe beblefetu la me, eye wotsrɔ̃ le Kora ƒe agudzedze la me.


Ɖe matsɔ nye nuɖuɖu kple nye nunono kpakple lã, si mewu na nye fukolawo la, na amesiwo nyemenya afisi wotso oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa