Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 22:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ne ètu xɔ yeye la, ekema to kpɔ ɖe xɔ la ta, bena amea ɖeke magage le edzi, eye nana wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 22:8
20 Mawu Ofanana  

Le ɣetrɔ me, esi Dawid fɔ tso eƒe aba dzi le tsa ɖim le fiaxɔ ta me la, ele xɔa ta me kpɔ nyɔnua ɖe le tsi lem; nyɔnu la dze tugbe ŋutɔ.


Ne amea ɖe dzra ga alo nuwo ɖo de nɔvia gbɔ, eye wofii le amea ƒe me, ne wokpɔ fiafitɔa la, ekema wòaɖo eteƒe zi eve.


Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta?


Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.


Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: „Ele kuku ge,“ eye mexlɔ̃ nui heƒo nu kplii be, ame vɔ̃ɖi la nakpɔ eɖokui dzi ɖe eƒe mo vɔ̃ɖiwo ŋu, ne woatsi agbe o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.


Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu hewɔ nu vɔ̃ɖi la, ekema maɖo nu nɛ, wòakli aku. Elabena esi mèxlɔ̃ nui o la, eyata woku le eƒe nuvɔ̃wo ta ɖo, eye womagaɖo ŋu eƒe nu dzɔdzɔe, siwo wòwɔ la o; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.


Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me.


Eye esi womete ŋu te va egbɔ le ameha la ŋuti o la, woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ, si me wòle la tame, eye esime woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba, si dzi lãmetututɔ la mlɔ la, ɖe anyi.


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kple Mawu ƒe hame la o;


ke boŋ ɖe asi le dada ŋu, eye nalé viawo ko, ne wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie.


Megaƒã nuku eve ƒomevi ɖe wò weingble me o, bena nuku, si nèƒã kple weintsetseawo siaa nagazu adzɔ na kɔkɔe la o.


bena miate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome, ne mianye ame dzadzɛwo kple nuɖiaɖia manɔŋuitɔwo ɖe Kristo ƒe ŋkeke la ŋu,


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Emegbe woɖi tso toa dzi yi dua me, eye wòƒo nu kple Saul le xɔta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa