Milé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu. Megana wò lã ƒomevi vovovowo natsaka ayɔ asi wo nɔewo o; megaƒã nuku ƒomevi vovovowo ɖe wò agble me o, eye megata avɔ, si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃e la o.
Eye wòdo lo hã na wo gblɔ bena: Amea ɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo o; ke ne menye nenem o la, yeye la hã adze, eye yeye la ƒe nuɖeɖi mawɔ ɖeka kple xoxo la o.