Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 21:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yehowa, lé avu wò dukɔ, si nèxɔ ƒle la, eye megabia ʋu maɖifɔ tso wò dukɔ Israel si o! Ekema woaɖe ʋu la ɖa le wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 O! Yehowa, tsɔ nu vɔ̃ ke wò dukɔ Israel, si wò ŋutɔ nèɖe, eye mègada ame maɖifɔ sia wuwu ɖe dukɔ la dzi o. Tsɔ ame sia ƒe ʋukɔkɔɖi ƒe nu vɔ̃ ke mí.’

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 21:8
13 Mawu Ofanana  

Ke esi Dawid va see la, egblɔ bena: Mia kple nye fiaɖuƒe la míeɖi fa le Abner, Ner vi ƒe ʋu me o le Yehowa ŋku me tegbee.


Fia la gblɔ nɛ bena: Wo abe alesi wògblɔ ene; da nui ƒu anyi, eye natsɔe aɖi, ne naɖe ʋu maɖifɔ, si Yoab kɔ ɖe anyi la ɖa le mía kple fofonye ƒe aƒe la ŋu.


hekpe ɖe ʋu maɖifɔ, si wòkɔ ɖe anyi, eye wotsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la ŋuti; eyata Yehowa meba, yeatsɔe ake o.


Woawo wotsɔ fia mɔnu wò dɔla hã; fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.


Ke ne miewum la, ekema minyae be, miehe ʋu maɖifɔ va mia ɖokui kple du sia kpakple emenɔlawo dzi; elabena nyateƒe Yehowa dom ɖe mi, be magblɔ nya siawo katã ɖe miaƒe towo me.


Wowɔ gbolo le Egipte, woƒe ɖetugbimee wowɔ gbolo le; afima wolé no na wo le, eye afima wofanya akɔnu na wo le.


eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.


bena nu dzɔdzɔe ƒe ɖesiaɖe, si woda ahe le anyigba dzi la, nava mia dzi, tso Abel, ame dzɔdzɔe la, ƒe du la dzi vaseɖe Zaxarya, Baraxya vi la ƒe ʋu la dzi, amesi miewu le mawuxɔ kple vɔsamlekpui la dome.


ahagblɔ bena: Menye míaƒe asie kɔ ʋu sia ɖi o, eye míaƒe ŋku mekpɔ eteƒe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa