Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye du, si tsɔ ɖe ame kukua gbɔ la me ame tsitsiwo nana nyinɔvi ɖeka, si mewo ɖɔ kpɔ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 21:3
8 Mawu Ofanana  

Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Ale Yehowa de se gblɔ enye si: Gblɔ na Israel-viwo be, wòalé nyinɔ dzẽ, si sɔ blibo, nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la, vɛ na wò.


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


ekema wò ame tsitsiwo kple wò ʋɔnudrɔ̃lawo nado ayi, eye woadzidze ame kuku la kple du, siwo ƒo xlãe la dome.


Eye du ma me ame tsitsiwo nakplɔ nyinɔ la ayi baba ɖe, si me tɔ makumaku si to la me, afisi womede agble ɖo o, eye womeƒã nu ɖo o, eye woaŋe kɔ le nyinɔ la nu le bali la me afima.


Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke.


Eyata mifɔ nuwo vɛ, ne miawɔ tasiaɖam yeye ɖeka, eye mikplɔ nyivinɔ eve, siwo womeku kɔkuti kɔ na wo kpɔ o la, kpe ɖe eŋu: mitsi nyinɔawo ɖe tasiaɖam la ŋu, eye milé wo viwo le wo ŋu va aƒee!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa