Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 20:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye dzikpɔlawo naƒo nu kple aʋakɔ la ayi dzi agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖe le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magade vovɔ̃ lãme na nɔviawo abe eya ŋuta ene o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 20:8
14 Mawu Ofanana  

Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Ne ègbɔdzɔ le xaxaɣi la, ekema ŋusẽ boo mele ŋuwò o.


Ke ŋutsu, siwo hã ɖe la, gblɔ bena: Míate ŋu ade dukɔ mawo gbɔ o, elabena wosesẽ wu mi.


Wova Eskol-tɔʋu la nu hekpɔ anyigba la ɖa, eye woɖe dzi le Israel-viwo ƒo, ale bena wobe, yewomegale anyigba, si Yehowa na wo la, dzi yi ge o.


Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Amesi tsɔ eƒe asi ɖa ɖe kodzi dzi, eye wogale megbe kpɔm la, medze mawufiaɖuƒe la o.


Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.


Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Eye ne dzikpɔlawo ƒo nu kple aʋakɔ la vɔ la, ekema woaɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu.


Woƒe dzidzimevi etɔ̃lia kpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Ke le esi nèle yɔyrɔe, mèdze dzo o, eye mèfa hã o ŋuti la, matu wò aƒu gbe atso nye nu me.


Eyata ɖe gbe ƒã ɖe amea wo ƒe to me bena: Amesi ke le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, netrɔ, eye wòagbugbɔ tso Gilead-to la gbɔ! Tete ameawo dome ame akpe blave vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa