10 Ne èho aʋa ɖe dua ɖe ŋu, eye nete tui la, ekema bia be, wòana ta.
10 “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta.
Yehowa, amesi wo nuyiwo ƒe kutsetse la, gblɔ be: Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe nɔlawo kple kpuiƒe nɔlawo, eve mayɔ do wo.
Matsrɔ̃ tasiaɖam ɖa le Efrayim kple sɔwo ɖa le Yerusalem, aʋadatiwo atsrɔ̃, eye wòaɖe gbe ƒã ŋutifafa le dukɔwo dome; eƒe fiaɖuƒe atso atsiaƒu nu ayi atsiaƒu nu, eye tso tɔsisi la nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Nya, si wòdo ɖo ɖe Israel-viwo, eye wògblɔ ŋutifafanyanyuie la fia to Yesu Kristo dzi, amesi nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.
Ke wo katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí.
Eye wòva gblɔ ŋutifafa ƒe nyanyuie la fia mi amesiwo le adzɔge kple amesiwo le kpuiƒe la.
Tete medɔ amewo tso Kedemot-gbedzi ɖo ɖe fia Sixon gbɔ le Xesbon kple gbe bɔbɔe bena:
Ne wolã edzi na wò, eye woʋu agbo na wò la, ekema amesiwo katã le eme la, nawɔ do na wò, eye woasusɔ wò.
Eye ne dzikpɔlawo ƒo nu kple aʋakɔ la vɔ la, ekema woaɖo aʋafiawo aʋakɔ la nu.
Eye Yefta do amewo ɖo ɖe Amon-viwo ƒe fia gbɔ gblɔ bena: Nya ka le mía dome, hafi nèho ɖe ŋunye, be nawɔ aʋa kple nye anyigba?
Eye ameha blibo la dɔ ame ɖo ɖe Benyamin-viwo gbɔ le Rimon-kpe la gbɔ, eye wodo ŋutifafa ŋugbe na wo.