Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 20:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Ne èho aʋa ɖe wò futowo ŋu, eye nekpɔ sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋakɔ, si sɔ gbɔ wu wò la, megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 20:1
45 Mawu Ofanana  

Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.


Tete Asa yɔ Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena: Yehowa, amea ɖeke meli kpe ɖe ŋuwò, si axɔ na ame le ame kako kple ame beli ƒe aʋawɔwɔ me o. Yehowa, mía Mawu, xɔ na mí, elabena wòe miede mee, eye le wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu; Yehowa, wòe nye mía Mawu, eye amegbetɔa ɖeke mate ŋu axe mɔ na wò o.


Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.


Mia Mawu, madrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabena ŋusẽa ɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Mienya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.


eye wògblɔ bena: Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe.


Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Azɔ menyae be, Yehowa xɔna na eƒe amesiamina la, eye wòtsɔa eƒe nuɖusi ƒe nutsuwɔwɔ, siwo xɔna na ame la, tɔna nɛ tso eƒe dziƒo kɔkɔe la.


Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃ea ɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Yehowa Zebaot li kpli mi Yakob ƒe Mawu la nye mɔ̃ sesẽ na mi! Sela.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Eyata Aƒetɔ la ŋuta ana dzesi mi: Kpɔ ɖa, ɖetugbi afɔ fu, eye wòadzi ŋutsuvi ana ŋkɔe be „Mawu li kpli mí“.


Yehowa be: Eyata, kpo ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o;


Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.


Ne mieho aʋa le miaƒe anyigba dzi ɖe miaƒe futɔ, siwo le fu ɖem na mi la ŋu, eye mieku kpẽ tsiã ɖe nu la, ekema Yehowa, mia Mawu, aɖo ŋku mia dzi, eye wòaɖe mi atso miaƒe futɔwo si me.


Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Ke nyea megblɔ na mi bena: Dzidzi megaƒo mi o, eye migavɔ̃ o!


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Hafi miava ho aʋa la, nunɔla natsi tre, eye wòaƒo nu kple aʋakɔ la


agblɔ na wo bena: Israel see, egbe miele aʋa ho ge ɖe miaƒe futowo ŋu, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye migavɔ̃ o, dzidzi megaƒo mi o, eye womegadzi ŋɔ na mi o!


Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o


Yehowa ŋutɔ adze ŋgɔ-wò, eye wòanɔ anyi kpli wò, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o; megavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.


Ne Yehowa, wò Mawu, akplɔ wò ava anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye tɔwo la dzi, eye wòanya dukɔ geɖewo ɖa le ŋgɔwò: Xititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo, dukɔ adre, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò,


megavɔ̃ wo o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wo Mawu, wo Farao kple Egipte blibo la dzi,


Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme.


Eyata nyae egbea bena, Yehowa, wò Mawu, si nye dzo binu la, dze ŋgɔwò yi toa godo, eya ŋuta atsrɔ̃ wo, eye woaɖu wo dzi le ŋgɔwò, be nanyã wo, eye natsrɔ̃ wo amloamlo, abe alesi Yehowa do ŋugbe na wò ene.


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Menye ɖe meɖe se na wò be, lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu, ŋɔ megadzi wò o, eye dzidzi megaƒo wò oa? Elabena Yehowa, wò Mawu la, li kpli wò le afisiafi, si nayi ɖo.


Eye Yosua wɔ, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene; etu ata na woƒe sɔwo, eye wòto dzo woƒe tasiaɖamwo.


Eye Yehowa ƒe ɖɔla ɖo ɖe edzi gblɔ nɛ bena: Yehowa li kpli wò, wò ŋutsu kalẽtɔ!


Tete Yehowa gblɔ nɛ bena: Manɔ anyi kpli wò kokoko, eye asi Midiantɔwo abe ŋutsu ɖeka ene.


Eye Dawid gblɔ na Saul bena: Dzika megatso amea ɖeke ƒo o! Wò dɔla ayi aɖawɔ aʋa kple Filistitɔ ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa