Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye míedzo tso mía nɔvi Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la gbɔ hetrɔ tso Elat kple Ezeon-Geber-tagbamɔ dzi ɖo ta Moab-tagba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:8
9 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Fia Salomo kpa ʋuwo hã ɖe Ezeon-Geber, si le Elon gbɔ le Avaƒu la nu le Edom-nyigba dzi.


Eyae tso Elat, eye wògaxɔe na Yuda, le esi fia la mlɔ fofoawo gbɔ megbe.


Ɣemaɣi Aram-fia Rezin gaxɔ Elat na Edomtɔwo, eye wonyã Yudatɔwo tso Elat, eye Edomtɔwo va Elat henɔ afima vaseɖe egbe.


Eye woho tso Hor-to la gbɔ heɖo ta Avaƒu la nu, bena woatrɔ Edom-nyigba ta. Ke dukɔ la tsi dzi le mɔ ta,


eye woho tso Abrona heva ƒu asaɖa anyi ɖe Ezeon-Geber.


Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,


Eye wòto gbedzi hetrɔ Edom-nyigba kple Moab-nyigba ta, eye wova ɖo Moab-nyigba ƒe ɣedzeƒe gome heƒu asaɖa anyi ɖe Arnon ƒe go keme dzi, ke womeva Moab-nyigba dzi o, elabena Arnon ye do liƒo na Moab.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa