Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:36
18 Mawu Ofanana  

Eye wotso Yordan heva ƒu asaɖa anyi ɖe Aroer, ɖe du, si le bali la me ƒe ɖusi me, ɖo la Gad kple Yaezer lɔƒo.


tso Yordan nu ɖota ɣedzeƒe. Gilead-nyigba blibo la, si nye Gad, Ruben kple Manase tɔ, tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Gilead kple Basan.


Etsɔ wò asi nyã dukɔwo, ke woawo la èƒo woƒe aganu ɖe to; ègblẽ anyigbadzitɔwo, ke èna woawo keke la.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Woagblẽ Aroer ƒe duwo ɖi woazu lãhawo to, woatsyɔ akɔ anyi ɖe afima, eye amea ɖeke maɖo voɖi na wo o.


Aroer-nyɔnu, va tsi tre ɖe mɔ to nanɔ ŋu tsam, bia amesiwo si, eye wokplɔ la bena: Nya kae dzɔ?


Eye Gad-viwo tso Dibon, Atarot kple Aroer,


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Eye míexɔ anyigba sia le ɣemaɣi me tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu. Eye metso Gilead-towo ƒe akpa afã na Ruben-viwo kple Gad-viwo;


tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu vaseɖe Sion, si nye Xermon-to la gbɔ,


Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon, amesi ƒe dziɖuƒe tso Aroer gbɔ, le Arnon-tɔʋu la nu tso tɔʋu la ƒe go ɖeka hetsɔ Gilead ƒe afã ɖe eme vaseɖe Yabok-tɔʋu, si nye Amon-viwo ƒe liƒo la nu,


tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple ɖu, si le bali la me gbɔ, kpakple Medeba-tagba blibo la,


tso Aroer, si le Arnon-tɔʋu la nu kple du, si le bali lãme gbɔ kpakple Medeba-tagba blibo la vaseɖe Dibon;


Eye Yehowa na wokpɔ gbɔdzɔe le afisiafi, abe alesi wòka atam na wo fofowo pɛpɛpɛ ene; woƒe futɔwo katã dometɔa ɖeke menɔ te ɖe wo nu o, ke boŋ Yehowa tsɔ woƒe futɔwo katã de asi na wo.


Eye woxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba blibo la tso Arnon nu vaseɖe Yabok nu, tso gbedzi vaseɖe Yordan nu.


Esi Israel nɔ Xesbon kple eƒe duwo, Aroer kple eƒe duwo, kpakple du, siwo katã le Arnon nu me, ƒe alafa etɔ̃ sɔŋ enye si la, nukaŋuti mienyã wo le ɣeyiɣi siawo me kpɔ o?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa