Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:30
14 Mawu Ofanana  

Eye fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Yehowae trɔe alea, ne yeawɔ eƒe nya, si Yehowa gblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam, Nebat vi la dzi.


Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Mawue trɔe alea, ne Yehowa nawɔ eƒe nya, si wògblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam. Nebat vi la dzi.


Eye Mose kple Aron wowɔ nukunu siawo katã le Farao ƒe ŋku me; ke Yehowa na Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖe asi le Israel-viwo ŋu wodzo le eƒe anyigba dzi o.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Ne ede Egipte la, ekema naɖo ŋku nukunu, siwo katã mede asi na wò la dzi awɔ le Farao ƒe ŋku me; ke nye la mana eƒe dzime nasẽ, bena maɖe asi le dukɔ la ŋu wòayi o.


Emegbe Yehowa gblɔ na Mose bena: Farao ƒe dzime sẽ, eye wogbe asiɖeɖe le dukɔ la ŋuti.


Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la,


Tso tamesesẽ na wo, wo fiƒoɖe neva wo dzi!


Ke Sixon meɖe mɔ na Israel be, wòato eƒe anyigba dzi ayi o; boŋ Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu, eye woho va kpe Israel le gbedzi. Esi wòɖo Yaza ta, ewɔ aʋa kple Israel.


Emegbe wotrɔ dze Basan-mɔ dzi. Tete Og, Basan-fia, kple eƒe dukɔ blibo la ho aʋa va kpe wo le Edrei.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Megavɔ̃e o, elabena metsɔ eya ŋutɔ kple eƒe dukɔ blibo la kpakple eƒe anyigba de asi na wò, eye nawɔe, abe alesi nèwɔ Sixon, Amoritɔwo ƒe fia, si nɔ Xesbon la ene.


Tete Yehowa gblɔ nam bena; Kpɔ ɖa, medze Sixon kple eƒe anyigba ɖeɖe asi gɔme le ŋkuwò me; dze eƒe anyigba xɔxɔ gɔme, ne wòanye tɔwo!


Ke Sixon meɖo ŋu ɖe Israel ŋu, ne wòana wòato eƒe anyigba dzi ayi o, eye Sixon ƒo eƒe dukɔ blibo la nu ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Yaza, eye wòwɔ ana kple Israel.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa