Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Mitso míaho atso Arnon-tɔʋu la; kpɔ ɖa, metsɔ Amoritɔwo ƒe fia Sixon, amesi te Xesbon, kple eƒe anyigba de asi na wò! Dze anyigba xɔxɔ gɔme, eye nawɔ aʋa kplii!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 “Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:24
11 Mawu Ofanana  

Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye ɖe Yerusalem le Yuda. Eyata mi eƒe dukɔ la dome amesiame neyi, eye Yehowa, eƒe Mawu la, anɔ kplii!


Persia-fia Kores ƒe gbe enye si: Yehowa, dziƒo Mawu la, tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòde se nam be, matu xɔ na ye de Yerusalem le Yuda.


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Matsɔ Egipte-nyigba nɛ wòanye eƒe fetu, si ta wòwɔ dɔ ɖo, elabena nyee wòwɔ dɔ na, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la.


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Woho tso afima heva ƒu asaɖa anyi ɖe Zered-tɔʋu la nu.


Du, siwo tso Aroer le Arnon-tɔʋu la nu, kple du, si le bali me gbɔ vaseɖe Gilead la, dometɔa ɖeke mesesẽ na mí o; Yehowa, mía Mawu, tsɔ wo katã de asi na mí.


Zi adrelia la nunɔlawo ku akɔfɛawo, eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mitso aseye, elabena Yehowa tsɔ du la de asi na mi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa