Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye Kaftoritɔwo tso Kaftor heva tsrɔ̃ Awitɔwo, amesiwo nɔ kɔƒekɔƒewo me vaseɖe Gaza, eye wònɔ wo teƒe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:23
16 Mawu Ofanana  

Patrusitɔwo, Kasluxitɔwo, amesiwo dome Filistitɔwo dzɔ tso, kple Kaftoritɔwo.


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


Esi Filistitɔwo vaseɖe Gaza kple eƒe liƒowo gbɔ, tso dzɔlawo ƒe xɔ tsralawo gbɔ vaseɖe du sesẽwo gbɔ.


Patrusitɔwo kple Kasluxitɔwo, amesiwo me Filistitɔwo dzɔ tso kpakple Kaftoritɔwo.


na dukɔ tsakatsaka blibo la, Uz-nyigba dzi fiawo katã, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi fiawo katã, Askalon, Gaza, Ekron kple Asdod ƒe ame mamleawo;


le ŋkeke, si gbɔna la ta, be woagblẽ Filistitowo katã, eye woatsrɔ̃ Tiro kple Sidon ƒe xɔnametɔ susɔeawo; elabena Yehowa le Filistitɔ, siwo kpɔtɔ ɖe Kaftor-ƒukpo dzi la gblẽ ge.


Ale Yehowa gblɔ esi: De mi Israel-viwo, miele nam abe Kusiviwo ene oa? De nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi, Filistitowo tso Kaftor, eye Aramtɔwo tso Kir oa?


Elabena Gaza azu du gbɔlo, eye Askalon azu aƒedo; woanyã Asdoɖ le ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye woaho Ekron kple ke.


Askalon akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖoe; dzidzi aƒo Gaza akpe ɖe Ekron ŋu, elabena eƒe sitsoƒe azu ŋukpe. Fia atsrɔ̃ ɖa le Gaza, eye Askalon azu aƒeɖo.


eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi;


Eye Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea vaseɖe Gaza, tso Gosen-nyigba blibo la dzi vaseɖe Gibeon.


Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo.


tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;


Asdod kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo, Gaza kple eŋu duwo kple eŋu kɔƒewo vaseɖe Egipte-tɔʋu la ŋu, eye ƒu gã la enye liƒo.


Eye Yuda xɔ Gaza kple eƒe anyigba, Askalon kple eƒe anyigba kpakple Ekron kple eƒe anyigba.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa