Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 “Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:14
24 Mawu Ofanana  

Tete wòkɔ eƒe asi dzi ɖe wo ŋu, be yeaxlã wo ɖe anyi le gbea dzi,


Do dzidzɔ na mí ɖe ɣeyiɣi, si nète mí ɖe anyi, kple ƒe, siwo me dzɔgbevɔ̃e ɖi kpe mí la nu!


Wòe nana amegbetɔwo gatrɔna zua kewɔ, eye nègblɔna bena: Mitrɔ gbɔ, mi amegbetɔviwo!


Elabena miaƒe ŋkekewo katã nu yi le wò dziku la nu, míaƒe ƒewo vɔ ɖe mi abe ame ƒe ŋeŋe ene.


ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!


Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:


Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.


Ŋutsu, siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi, amesiwo xɔ ƒe blave kple vɔ la, makpɔ anyigba, si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob la o, elabena womadze yonyeme blibo o;


Gake wo dome ame gedeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo de anyi le gbeadzi.


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb ɖo ta Seir-towo gbɔ vaseɖe Kades-Barnea.


Ale wòle na mi be, míatsi Kades eteƒe nadidi.


Azɔ midze mo, eye miatso Sered-toʋu la! Tete míetso Sered-toʋu la.


Esi aʋawɔlawo katã ku le dukɔa dome vɔ la,


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.


Nusi ta Yosua tso aʋa na wo ɖo la, enye si: Esime dukɔ blibo la ʋu tso Egipte la, ŋutsu aʋawɔla, siwo katã tso Egipte la, ku le mɔ ta le gbedzi.


Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o.


Ke mele didim bena, maɖo ŋku dzi na mi amesiwo nya nuwo katã xoxo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu bena, esime Aƒetɔ la ɖe dukɔ la tso Egipte-nyigba dzi la, emegbe la etsrɔ̃ amesiwo mexɔ se o la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa