Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 2:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Wobu woawo hã ɖe ame dzɔtsuwo me abe Enakitɔwo ene, eye Moabitɔwo yɔ wo be Emitɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 2:11
10 Mawu Ofanana  

Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Eye Yisbi tso Nob, amesi nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, di be, yeawu Dawid. Eƒe akplɔ ƒe kpekpeme le akɔbli sekel alafa etɔ̃, eye wòkpla aʋawɔnu yeye.


Woɖo ta dziehe vaseɖe Xebron, afisi Aximan, Sesai kple Talmai, amesiwo nye Enak viwo nɔ. Ke wotso Xebron ƒe adre megbe, hafi wova tso Zoan le Egipte.


negbe dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ, eye wololo, eye míekpɔ Enak viwo hã le afima.


Miekpɔ Enak viwo, amesiwo nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimeviwo, hã le afima, eye miawo ɖeko míedze abe ʋetsuviwo ene, eye nenema woawo hã kpɔ míi.


Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.


Wobua eya hã abe ame dzɔtsuwo ƒe anyigba ene, elabena ame dzɔtsuwo nɔ edzi tsã, eye Amonitɔwo yɔ wo bena Samsumitɔwo;


Og, Basan-fia, enye ame dzɔtsu mlɔetɔ, si kpɔtɔ ɖi; eƒe gabati, si le Amon-viwo ƒe du Rabat me la, didi ŋutsu ƒe abɔklugui asieke, eye wòkeke abɔklugui ene.


dukɔ, siwo nye Enak-viwo, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu, amesiwo wò ŋutɔ nènya kple amesiwo ŋu nèse nya le bena: Ameka ate ŋu ano te ɖe Enak-viwo nu?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa