Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 19:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 alo ne amea ɖe kple nɔvia woyi ave me nake fɔ ge, eye wòkɔ fia dzi, be yealã nake, kasia fia tu le atia me hedze nɔvia woku la, ekema wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 19:5
7 Mawu Ofanana  

Tete wòyi kpli wo, eye wova Yordan nu hede asi atilalã me.


Ne nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e la, eɣlaa eɖokui; ke ame bebewuwo dea ta eme, eye wòle na wo be, woakpɔ wo tɔnua.


Amesiame anɔ abe sitsoƒe tso ya nu, bebeƒe tso tsidzadza nu, tɔʋu le gbegbe kple agakpe gã nyadri ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene.


Eye ha la naɖe amewula tso hlɔ̃tɔ si me, eye ha la nana woakplɔe agbugbɔ ayi sitsoƒedu, si me wòsi yi ɖo la me, eye wòatsi afima, vaseɖe esime nunɔlagã, amesi wosi ami kɔkɔe na, naku hafi.


Ale amesi asi ayi afima atsi agbe la, ƒe nya anɔ enye si: Ne amea ɖe wu nɔvia, evɔ wònye mebua o, eye melé fui tsã hã o,


ne hiãtɔ magaɖo dziku ati amewula yome, eye woatui awui, le esi mɔ didi akpa ta o, evɔ wònye medze ku o hafi, elabena melé fui tsã o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa