Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 19:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ale amesi asi ayi afima atsi agbe la, ƒe nya anɔ enye si: Ne amea ɖe wu nɔvia, evɔ wònye mebua o, eye melé fui tsã hã o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye:

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 19:4
12 Mawu Ofanana  

Eye Yakob kpɔ be, Laban megakɔa ŋku me ɖee abe tsã ene o.


Nyɔnu la gblɔ be: Taflatse, fia la neɖo ŋku Yehowa, eƒe Mawu dzi, ne hlɔ̃biala magagblẽ nu ɖe dzi, eye wòatsrɔ̃ vinyeŋutsu ɖa o! Tete wògblɔ be: Meta Yehowa ƒe agbe: Ne viwò ƒe ɖa ɖeka age ɖe anyigba fi!


Menye egbe o, menye etsɔ o, esime Saul nye fia la, wòe kplɔa Israel doa goe gakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa, wò Mawu la, gblɔ na wò bena: Wòe le nye dukɔ Israel kplɔla nye ge, eye wòe anye amegã de nye dukɔ Israel nu.


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Duawo nanye sitsoƒe na mi le hiãtɔ ta, ne womagawu amewula la hafi ava eƒe ʋɔnu le ameha la ŋku me o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Nata mɔ ayi afima, eye namã wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la, ɖe akpa etɔ̃ me, eye amewula nasi ayi afima.


alo ne amea ɖe kple nɔvia woyi ave me nake fɔ ge, eye wòkɔ fia dzi, be yealã nake, kasia fia tu le atia me hedze nɔvia woku la, ekema wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe,


ne hiãtɔ magaɖo dziku ati amewula yome, eye woatui awui, le esi mɔ didi akpa ta o, evɔ wònye medze ku o hafi, elabena melé fui tsã o.


bena ne amea ɖe mebua wu xɔlɔ̃via o, eye melé fui hafi o la, ne wòasi ayi afima, wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, bena woatsi agbe.


Ke mina mia kplii dome nadidi abɔklugui akpe eve, eye migate de eŋu wu o, ne mianya mɔ, si to ge miala, elabena mieto mɔ sia dzi kpɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa