Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 19:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ne womagakɔ ame maɖifɔa ɖeke ƒe ʋu ɖe wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi, eye naɖe hlɔ̃fe o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 19:10
16 Mawu Ofanana  

Fia la gblɔ nɛ bena: Wo abe alesi wògblɔ ene; da nui ƒu anyi, eye natsɔe aɖi, ne naɖe ʋu maɖifɔ, si Yoab kɔ ɖe anyi la ɖa le mía kple fofonye ƒe aƒe la ŋu.


Manase kɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi, vaseɖe esime wona Yerusalem yɔ tso go ɖeka me vaseɖe go keme me hekpe ɖe eƒe nuvɔ̃, siwo wotsɔ ble Yuda wòwɔ nusi nye vɔ̃ le Yehowa ŋku me la ŋuti.


hekpe ɖe ʋu maɖifɔ, si wòkɔ ɖe anyi, eye wotsɔ ʋu maɖifɔ yɔ Yerusalem taŋ la ŋuti; eyata Yehowa meba, yeatsɔe ake o.


Wode ha bibibi ɖe ame dzɔdzɔe la ƒe luʋɔ ŋu, eye wobu fɔ ʋu maɖifɔ.


dadaŋkuwo, aʋatsoɖe kple asi, siwo kɔa nu maɖifɔ ɖi,


Woƒe afɔwo le du dzi ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be wòakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ le wo toƒewo.


Eye woyɔ Yehowa gblɔ bena: Ao, Yehowa, megana míatsrɔ̃ le ŋutsu sia ƒe agbe ta o, eye megatsɔ̃ ʋu maɖifɔ ɖo mía dzi o; elabena Yehowa nènye, eye nusi dze ŋuwò la, nèwɔna.


Migagblẽ kɔ ɖo na anyigba, sii dzi miele la o, elabena ʋu ɖe wògblẽa kɔ ɖo na anyigba, eye naneke meli, ne woatsɔ lé avu anyigba la le ʋu, si le edzi la ta o, negbe amesi kɔ ʋua ɖi la, ƒe ʋu ko.


Megakpɔ eta o, ke natutu ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖa le Israel dome, bena wòanyo na wò.


Ne eva anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi, eye nèxɔe hetso aƒe ɖe edzi la,


Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;


Etsɔ eƒe agbe ɖo asiƒo me hewu Filistitɔ la, eye Yehowa ɖu dzi gãa ɖe na Israel blibo la. Wo ŋutɔ èkpɔe, eye dzi dzɔ wò; nukaŋuti nèbe, yeada vo ɖe ʋu maɖifɔ ŋu ahawu Dawid dzodzro?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa