Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 18:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, elabena ŋunyɔnu siawo la Yehowa, wò Mawu, le wo nyã ge le ŋgɔwò ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ame sia ame si awɔ nu siawo la anye ŋunyɔnu na Yehowa, eye esi wònye dukɔ mawo wɔa nu siawo tae Yehowa, wò Mawu la aɖe wo ɖa.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 18:12
9 Mawu Ofanana  

Eye Yosiya ɖe ŋɔliyɔlawo kple akunyawɔlawo, aklama kpakpɛwo kple legbawo kpakple ŋunyɔnuwo, siwo katã wòkpɔ le Yuda-nyigba dzi kple Yerusalem la hã ɖa, ne wòawɔ se la ƒe nya, siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ, si nunɔla Xilkiya fɔ le Yehowa ƒe aƒe me la dzi.


eyata màtsɔe ade asi na dukɔwo ƒe ŋusẽtɔ, eye wòawɔ nu kplii; le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta la manyãe ɖa.


Migawɔ nusiawo atsɔ ado ŋunyɔ mia ɖokui o, elabena trɔ̃subɔla, siwo nyã ge mala le mia ŋgɔ la, wɔ nusiawo heɖo ŋunyɔ wo ɖokui,


eye woƒe anyigba gblẽ; eyata maɖo woƒe vodadawo teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.


elabena anyigbadzitɔ, siwo nɔ mia ŋgɔ la, wɔ ŋunyɔnu siawo katã, eye anyigba la gblẽ;


Megagblẽ Lewitɔ, si le wò du me la ɖi o, elabena mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o.


Nyɔnua ɖeke megado ŋutsuwu o, eye ŋutsua ɖeke megado nyɔnuwu o; elabena amesi wɔ nusia la, enye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.


Ne Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò la, megagblɔ le wò dzi me bena: Esi menye ame dzɔdzɔe ta Yehowa kplɔm yii, bena maxɔ anyigba sia o; evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔ̃ɖinyenye ta Yehowa nyã wo ɖa le ŋgɔwò ɖo hafi.


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa