Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 18:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Lewi-to blibo la, si nye nunɔlawo la, maxɔ gome alo domenyinua ɖeke akpe ɖe Israel ŋu o, ke boŋ woatsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa, si nye woƒe domenyinu la, anyro wo ɖokui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Ɖo ŋku edzi be womana domenyinu nunɔlawo kple Levitɔ bubuawo abe Israelvi bubuawo ene o. Le esia ta la, ele be woatsɔ vɔsa siwo wotsɔ va Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi la kple nunana bubu siwo amewo atsɔ vɛ na Yehowa la akpɔ wo dzii.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 18:1
12 Mawu Ofanana  

eye amesi asa numevɔ, atɔ dzo nuɖuvɔ, eye wòasa akpedavɔ le ŋkunye me ɣesiaɣi la, mave le nunɔla, siwo nye Lewi-viwo dome gbeɖe o.


Woƒe domenyinu enye si. Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu; migana gomea ɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.


Eye Yehowa gblɔ na Aron bena: Naneke manye tɔwo le woƒe anyigba dzi o, eye makpɔ gomea ɖeka le wo dome o, elabena nyee nye wò gome kple wò domenyinu le Israel-viwo dome:


Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.


Eyata Lewi mexɔ gome kple domenyinu ɖeke kpe ɖe nɔviawo ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe nye eƒe domenyinu, abe alesi Yehowa, wò Mawu, do ŋugbe nɛ ene.


Kpɔ nyuie, be nagagblẽ Lewitɔ ɖi, ŋkeke alesi nèle agbe le wò anyigba dzi la o.


Negbe Lewi-to la ko metsɔ anyigba ɖeke na o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe dzovɔsa nye eƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ nɛ ene.


Ke Mose mena anyigbaa ɖeke Lewi-to la o, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ŋutɔ nye woƒe domenyinu, abe alesi wògblɔ na wo ene.


Ke Lewitɔwo mexɔ gomea ɖeke ɖe mia dome o, elabena Yehowa ƒe nunɔladɔ enye woƒe domenyinu, eye Gad, Ruben kple Manase ƒe to afã xɔ woƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na wo la, ɖe Yordan godo le ɣedzeƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa