Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 17:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye nabia ta le nunɔla, siwo nye Lewitɔwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la, si li le ɣemaɣi la gbɔ, eye woagblɔ afiatsonya na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 17:9
15 Mawu Ofanana  

Wotsɔ Kenanya, amesi tso Yizhar viwo dome la, kple viawo ɖo dɔwɔwɔ nu le Israel, wonye dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.


Ne nyaa ɖe le wo si la, wotsɔnɛ vaa gbɔnyee, eye medrɔ̃a amesiame kple nɔvia dome nya na wo, eye megblɔa Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo na wo.


Ne nyi, tedzi, alé, avɔ alo nua de bu, eye wosusui ɖe amea ɖe ŋu la, ekema ameawo kple eve nava Mawu ƒe ŋku me, eye amesi Mawu abu fɔe la, eya naɖo eteƒe na nɔvia zi eve.


Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.


Woabɔbɔ nɔ anyi ɖe dzrenyawo ŋu, eye woadrɔ̃ ʋɔnu ɖe nye ɖoɖowo nu; woalé ŋku ɖe nye sewo, nye ɖoɖowo kple nye ŋkekenyuiewo katã ŋu, eye woakɔ nye dzudzɔgbe la ŋuti.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mibia nunɔlawo, ne woafia nu mi be:


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne ézɔ nye mɔwo dzi, eye nèlé ŋku ɖe nye ɖoɖowo ŋu, énɔ nye aƒe nu, eye nèlé ŋku ɖe nye xɔxɔnuwo ŋu la, ekema maɖe mɔ na wò nazɔ amesiwo tsi tre ɖi la dome.


eye woabia nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, siwo le Yehowa Zebaot ƒe me la, agblɔ bena: Ɖe mafa avi atsi nu aɖɔ le dzinu atɔ̃lia me, abe alesi mewɔ ƒe geɖe xoxo enea?


Elabena nunɔla ƒe nuyiwo nedzra sidzedze ɖo, eye woadi nufiame le eƒe nu me; elabena Yehowa Zebaot ƒe ame dɔdɔ wònye.


Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Emegbe natso afia, abe alesi wogblɔ na wò le teƒe, si Yehowa atia la ene; eye nawɔ nusiwo katã wotia wò la pɛpɛpɛ.


Emegbe nunɔlawo, amesiwo nye Lewi-viwo la, nate va, elabena woawo Yehowa, wò Mawu tia, bena woasubɔe, eye Woayra ame ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ dzi, eye alesi wogblɔ la, nenema nu woadrɔ̃ dzrenya kple avuwɔnyawo katã ɖo.


Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnu, eye woadrɔ̃e na wo; woatso afia na amesi ƒe nya dzɔ, eye wòabu fɔ amesi ƒe nya medzɔ o.


Woawoe fiaa wò ɖoɖowo Yakob kple wò se la Israel; woawoe tsɔa dzudzɔdonu ɖoa wò ŋɔti nu, eye wotsɔa vɔsa blibo ɖoa wò vɔsamlekpui la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa