Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 17:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ɖasefoawo natre asiɖeɖe eŋu, emegbe dukɔ blibo la nakpiti ɖe eŋu awui, eye naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 17:7
16 Mawu Ofanana  

Kplɔ ɖiŋudola la yi asaɖa la godo, eye amesiwo katã se nyaa, natsɔ woƒe asi aɖo eƒe tame, eye ha blibo la naƒu kpee woaku.


Eye esi wogale ebiabia dzi la, efɔ kɔ te, eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke nuvɔ̃ mele eŋuti le mia dome o la, netre kpe la fɔfɔ ƒui.


Ke amesiwo le egodo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu woawo. Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋuta mia dome!


ke boŋ ele be, nawui kokoko, wò asi natre eŋu dede, emegbe dukɔ blibo la nakplɔ ɖe eŋu awui.


Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.


Ke woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma, le esi wòbe, miatrɔ le Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe mi tso kluvinyenyeƒe me la yome ta, le esi wòbe, miate ɖa le mɔ, si Yehowa, mia Mawu, ɖo na mi la dzi ta; ele be, miaɖe vɔ la ɖa le mia dome.


ekema megalɔ̃ edzi nɛ o, eye megado toe o, eye megave enu ahaɣlae o;


Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,


ekema miawɔe, abe alesi wòbe, yeawɔ nɔviae ene, eye naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


ekema woakplɔ nyɔnuvi la ayi fofoa ƒe xɔ nu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee woaku, elabena ewɔ ŋukpenanu le Israel, eye wòwɔ ahasi le fofoa ƒe me. Ale naɖe vɔ la ɖa le dowòme.


Ne wòlé ŋutsu, si de asi nyɔnu srɔ̃tɔa ɖe ŋu la, ekema woawu ŋutsu, si de asi nyɔnua ŋu kpakple nyɔnu la siaa. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le Israel!


ekema woakplɔ wo kple eve la ayi dua godo, eye woaƒu kpe wo woaku; woawu nyɔnuvi la, elabena du mee wòlée le, gake medo ɣlio; woawu ŋutsu la, elabena egblẽ nɔvia srɔ̃. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Ne wole amea ɖe, si fi nɔvia Israel-viwo dometɔa ɖe, eye wòsẽ ŋuta le eŋu hetsɔe dzra la, ekema woawu hafi la Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.


Eyata miɖe Gibeatɔ vloawo na, ne miawui wo, eye miaɖe vɔ la ɖa tso Israel! Ke Benyamin-viwo meɖo to wo nɔvi Israel-viwo ƒe gbe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa