Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Megatsɔ nyitsu alo alé, si nane wɔe alo vloƒea ɖe le eŋu la, sa vɔ na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 17:1
19 Mawu Ofanana  

Wo yome la nyinɔ kudɔe adre, siwo vlo ŋuta, eye woɖi ku nyatsã la, hã do, nyemekpɔ nyinɔ vlo siawo tɔgbe le Egipte-nyigba blibo la katã dzi kpɔ o!


Lãtsui, si sa blibo, eye wòxɔ ƒe ɖeka la, mialé; mitiae le alẽwo alo gbɔ̃wo dome.


Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.


Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa: ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa.


Nu ade Yehowa lé fui, eye adadrelia nye ŋunyɔ na eƒe luʋɔ:


Nenye nyi wotso be, yeame numevɔsae la, ekema wòanye atsu, si so blibo, eye wòakplɔe ava Mawu ƒe agbadɔ la nu, be ame la nadze Yehowa ŋu.


Ne mietsɔ: lã ŋkuagbã va sa vɔe la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o; eye ne mietsɔ lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo vɛ la, miegblɔna be, medze vɔ̃ o. Tsɔe yi na wò anyigbanunɔla kpɔ be, wò nu adze eŋu, eye wòalɔ wò nya hã? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye miatsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple alẽvi adre, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la, asa numevɔ, ne wòaʋẽ lilili ɖe Yehowa; lãwo nasɔ blibo.


Ke ne nu wòe, eƒe afia ɖe ŋe, eƒe ŋku gbã, alo nu manyatanua ɖe wòe la, ekema megatsɔe sa vo na Yehowa, wò Mawu la o.


Gboloa ɖeke meganɔ Israel-vinyɔnuwo dome o, eye Israel-viŋutsua ɖeke meganye ahasitɔ o.


ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.


Elabena amesiame, si wɔ nusia, eye wòwɔ nu madzɔmadzɔ la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, wò Mawu la.


Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka kple kpɔtsotso mele o la, ƒe ʋu ene,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa