Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 16:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ele be Israel ŋutsu ɖe sia ɖe nado ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, le kɔkɔeƒe la zi etɔ̃ le ƒe sia ƒe me hena ŋkekenyui siawo ɖuɖu: Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui, Agbadɔmeŋkekenyui. Ele be nàtsɔ nunana aɖe vɛ na Yehowa le ŋkekenyui siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 16:16
29 Mawu Ofanana  

Eye Salomo sa numevɔ kple akpedavɔ le vɔsamlekpui, si wòɖi na Yehowa la dzi zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, eye wòdo dzudzɔ le edzi le Yehowa ŋku me. Ale wowu xɔ la nu.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia ɖo la, dukɔ la va kpe ta de Yerusalem sɔsɔe.


eye woado kpo aɖe gbeƒã le woƒe duwo katã me kple Yerusalem be; Mido yi towo dze eye mitso amiti ŋutɔ ƒe alɔwo, gbemiti ƒe alɔwo, mirte ƒe alɔwo, deʋayawo kple afi dɔdɔewo ƒe alɔwo, ne miatsɔ awɔ agbadɔe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene!


Gama ƒomeawo, Yehowa ƒe ƒomeawo yina, ne woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, nusi nye se na Israel.


Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe; eye aɖatsi tsɔa yayra ɖoa atsyɔ̃ na.


Wole azɔli dzi, woƒe ŋusẽ le gã dom ɖe dzi, wova do ɖe Mawu ŋku me le Zion.


Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe!


Ke natsɔ alẽ èɖuɖɔ tedzi ƒe ŋgɔgbevii, ne mèɖudɔe o la, naŋe kɔ nɛ. Ɖuɖɔ wò ŋgɔgbeviŋutsuwo katã ta. Womava ŋkunye me asi gbɔlo o.


Manyã dukɔwo le ŋgɔwò, eye makeke wò liƒowo ɖe nu; ke ne èyi Yehowa wò Mawu ƒe ŋku me zi etɔ le ƒe ɖeka me la, wò anyigba madzro amea ɖeke o.


Ke eƒe viɖe kple gboloho ŋu akɔ na Yehowa; womali koe o, eye womafi ɖo gleglegle o, ke boŋ eƒe adzododo anye amesiwo le Yehowa ŋku me la tɔ, ne woaɖu nu aɖi ƒo, eye woata ava nyuiwo.


Kpɔ Zion, du, si nye miaƒe takpeƒe la ɖa! Wò ŋkuwò akpɔ Yerusalem, nɔƒe dedie la, agbadɔ, si womakaka o, eƒe tsyotiwo maho o, eye eƒe kawo katã matso akpɔ o.


Alesi ale, siwo ŋu wokɔ, kple alesi alẽ nɔa Yerusalem le ŋkekenyuieɖuɣii la, nenema amehawo ayɔ du ɖi aƒedo la mee, eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Gblɔ na Israel-viwo be: Tso ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi miaɖu agbadɔŋkekenyuie ŋkeke adre sɔŋ na Yehowa.


Miele nu geɖe sinu kpɔm, gake mesɔ gbɔ o; miehe nu va aƒee, ke meɖo ƒuƒu ɖee. Yehowa be: Nuka tae ma? Le esi nye xɔ nye glikpo li, ke miawo mia dome amesiame le duɖime kem le eƒe xɔtutu me la tae!


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Eye wòlée, eye woƒoe, eye woɖoe ɖa asi ƒuƒlu.


Ke Yudatɔwo ƒe ŋkekenyuie, si nye agbadɔŋkekenyuie la ɖo.


Ŋkeke adre sɔŋ naɖu ŋkekenyuie na Yehowa, wò Mawu la le teƒe, si Yehowa atia, elabena Yehowa, wò Mawu la, ayra wò le nusiwo katã nèwɔ dɔ kpɔ, kple wò asinudɔwo katã me, eye nakpɔ dzidzɔ wòatso me.


Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.


ne Israel blibo la va, be wòado ɖe Yehowa, wò Mawu ŋku me le teƒe, si wòatia la, ekema naxlẽ se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me.


Eye ŋutsu sia tsoa eƒe ɖu me ƒe sia ƒe yina ɖadoa gbe ɖa, eye wòasa vɔ na Yehowa Zebaot le Silo, afisi Eli ƒe viŋutsu eveawo Xofni kple Pinexas wonye nunɔla na Yehowa le.


Tete woɖo ŋu bena: Ne miehe, yewoaɖo Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la ɖa la, ekema migaɖoe ɖa ƒuƒlu o; ke boŋ mitsɔ avulénu kpe ɖe eŋu! Ekema miaƒe lãme asẽ, eye ne eƒe asi madzo le mia ŋu o hã, mianya.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa