Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 15:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ne nɔviwòwo dometɔa ɖe da ahe le wò dua ɖe me le wò anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ekema megasẽ wò dzime, eye namiã asi ɖe noviwò dahe la o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Ke ne mieva ɖo anyigba si Yehowa miaƒe Mawu ana mi dzi, eye ame dahe aɖewo le mia dome la, mele be miasẽ dzi me alo amia asiʋlome ɖe ame daheawo ŋu o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 15:7
15 Mawu Ofanana  

Eye dukɔ la kple wo srɔ̃wo ƒe ɣli ɖi hoo de wo nɔvi Yudatɔwo ŋuti,


Eyata Yudatɔ, siwo le kɔƒewo kple du nuvowo me la, tso dzinu Adar ƒe ŋkeke wuienelia wo dzidzɔkpɔgbe, aglotugbe kple ŋkekenyuie, si dzi woɖoa nuɖuɖu ɖe wo nɔewo le.


abe ŋkeke, siwo dzi Yudatɔwo kpɔ gbɔdzɔe tso woƒe futɔwo si me, kple dzinu, si dzi woƒe vevewo trɔ zu dzidzɔ, eye nuxaxa trɔ zu ŋkekenyuie ene; ne woatsɔ wo awɔ aglotugbe kple dzidzɔkpɔgbewoe, esiwo dzi woaɖo nuɖuɖu ɖe wo nɔewo, eye woana nu ame dahewo le.


Ne exɔ hawòvi ƒe avɔ awɔbae la, ekema gatsɔe nɛ, hafi ɣe naɖo to,


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.


ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,


Ne nu vɔ le nɔviwò si, eye wòdo ko la, ekema kpe ɖe eŋu, eye naxɔe abe amedzro alo gbɔwò me ene, bena wòanɔ agbe le gbɔwò.


Fa tu blewu, eye maɖo eteƒe na wò. Gake melɔ̃ o; ke boŋ eyi ɖatsɔe de gaxɔ me, vaseɖe esime wòaɖo nusi wònyi la teƒe.


Na nu amesi le nu biawòm, eye amesi le didim be, yeaɣe nu le asiwò la, megatrɔ dzo le egbe o.


Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.


Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;


Megate fetu ame dahe kple hiãtɔwo o, eɖanye nɔviwò alo amedzro, si le wò anyigba dzi duwo me la dometɔa ɖe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa