Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 15:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 ɖeko se Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nalé se, siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Nu si hiã na eƒe yayra sia xɔxɔ koe nye miawɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo katã mele dedem na mi egbe la dzi pɛpɛpɛ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 15:5
12 Mawu Ofanana  

Wovena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe, eye wovivina wu anyitsi kple anyiɖaɖa.


Ke ame dahe koe mana dowòme hafi o, elabena Yehowa le yra wò ge le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye tewò la dzi;


Elabena Yehowa, wò Mawu, ayra wò, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, ale be nado agbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ màdo nugbana o, aɖu amegã ɖe dukɔ geɖewo dzi, ke woawo maɖu amegã ɖe dziwò o.


Esi mele fu nyim la, nyemeɖu ɖeke o, ŋunye kɔ hafi meɖee na, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo o; meɖo to Yehowa, nye Mawu ƒe gbe, eye mewɔ, abe alesi nède se nam pɛpɛpɛ ene.


Ke kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie, eye nakpɔ wò agbe ta, bena magaŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple wò ŋku la be o, eye womagaɖo le wò dzi me le wò agbe me ŋkekewo katã me o, ke boŋ naxlẽ wo afia viwòwo kple viwòwo ƒe viwo.


ne miavo Yehowa, mia Mawu la, eye mia kple viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo miawɔ ɖoɖo kple se, siwo megblɔ na mi la dzi, le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, bena mianɔ agbe didie.


Ɖeko mizɔ, abe alesi wòdze na Kristo ƒe nyanyuie la ene, bena ne mava, eye makpɔ mi ɖa, alo ne nyemele mia gbɔ o, eye mase mia ŋkɔ la, bena miano tsitre le gbɔgbɔ ɖeka me, eye miatso luʋɔ ɖeka aʋli nyanyuie ƒe xɔse la ta hekpe ɖe mia nɔewo ŋuti;


Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu vevie ko; lé se, siwo katã nye ɖɔla Mose de na wò la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, megadze ɖe ɖusi alo mia me o, me wòadze dzi na wò le afisiafi, si nayi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa