Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 14:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 “Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 14:1
29 Mawu Ofanana  

mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.


Le ŋkeke mawo me la ame dzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.


Tete wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwò ŋu le woƒe kɔnu la nu, vaseɖe esime ʋu do le wo ŋu.


Wòe nye mía fofo, elabena Abraham menya mí o, eye Israel medze si mí o. Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye „mía ɖela“ tso gbaɖegbe ke.


Tsitsiawo kple ɖeviawo aku le anyigba sia dzi, womaɖi wo o, eye womafa na wo o, womasi blinui o, eye womalũ ta kokoe le wo ta o.


Megblɔ be: Matso wò aɖo viŋutsu teƒe, eye mana anyigba nyo la wò, si nye domenyinu vevietɔ le dukɔwo dome! Mehe. Yɔm be ye fofo, eye megatrɔ le yonyeme o.


Woanɔ avi dzi ava, eye woanɔ koko ƒom makplɔ wo vɛ; makplɔ wo alo ma dzɔdzɔe, si dzi womakli nu le o la dzi ayi toʋuwo toe; elabena fofo menye na Israel, eye Efrayim la, vinye ŋgɔgbea ye.


ŋutsu blanyi tso. Sixem, Silo kple Samaria, wolũ ge, wole awu vuvuwo me, eye wosi blini helé nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu ɖe asi, be woatsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe me.


Gaza atsi ƒuƒlu, eye woatsrɔ̃ Askalon; ame dzɔtsuwo ƒe susɔeawo, ɣekaɣi miasi blini na mia ɖokui ase ɖo?


Womegalũ dzodome kokoe o, womegafɔ woƒe ge dzi o, eye womegasi blini ɖe ŋuti o.


Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena,


eye menye de dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ, bena wòaƒo mawuvi, siwo kaka la, nu ƒu ɖekae.


Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye.


eye wòava me bena, afisi ke wogblɔ na wo bena: Menye ye dukɔ míenye o la, gama ke woayɔ wo le bena: Mawu gbagbe viwo.“


amesiwo nye Israeltɔwo, amesiwo to nye vinyenye la kple ŋutikɔkɔe la kple nubablawo kple senana la kple mawusubɔsubɔ la kpakple ŋugbedodoawo;


esia nye be: Menye ŋutilã ƒe viwoe nye Mawu ƒe viwo o, ke ŋugbedodo ƒe viwo boŋ woabu be ƒome.


eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“


Elabena mi katã míenye mawuviwo to Kristo Yesu dzixɔxɔse me.


Megana busunuawo dometɔa ɖeke nalé ɖe wò asi ŋu o, bena Yehowa ƒe dɔmedzoe nu nata, eye wòave nuwo ahana nadzi ɖe dzi, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene;


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


Ke, nɔviwo, míele didim bena, mianɔ numanyamanya me le amesiwo dɔ alɔ̃ la ŋuti o, bene miagaxa nu, abe ame bubu, siwo mɔkpɔkpɔ meli na o la ene o.


Elabena amesi ta nuwo katã ti ɖo, amesi me nuwo katã to va, amesi kplɔ vi geɖewo yi ɖe ŋutikɔkɔe me la, edzee bena, woawɔ wo xɔxɔ ƒe fia la blibo to fukpekpewo me.


Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o.


Ne míelɔ̃a Mawu, eye mieléa eƒe seawo me ɖe asi la, esia me míedze sii le bena, míelɔ̃a mawuviwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa