Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 13:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawòvi, viwòŋutsu alo viwònyɔnu, srɔ̃wo, si le gbɔwò, alo xɔwo, si nèlɔ̃na abe ɖokuiwò ene, able nu wò le adzame be: na miayi aɖa subɔ mawu bubu, siwo wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la),

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 13:7
7 Mawu Ofanana  

Eya hã to Axab ƒe aƒe la ʋe me, elabena dadaa nye eƒe aɖaŋuɖola le nu vlo wɔwɔ me.


Tete ŋutsu, siwo katã nyae be, yewo srɔ̃wo do dzudzɔ na mawu tutɔwo, kple nyɔnu, siwo katã le tsitre le ha gã me, kpakple dukɔ blibo, si le Egipte-nyigba dzi kple Patros la, ɖo ŋu na Yeremya bena:


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!


Ke woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula ma, le esi wòbe, miatrɔ le Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe mi tso kluvinyenyeƒe me la yome ta, le esi wòbe, miate ɖa le mɔ, si Yehowa, mia Mawu, ɖo na mi la dzi ta; ele be, miaɖe vɔ la ɖa le mia dome.


dukɔ, siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, eɖanye esiwo te ɖe mia ŋu, alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ o, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme la,


Migadze dukɔ, siwo ƒo xlã mi la, ƒe mawuwo yome o.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa