Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 13:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Megana busunuawo dometɔa ɖeke nalé ɖe wò asi ŋu o, bena Yehowa ƒe dɔmedzoe nu nata, eye wòave nuwo ahana nadzi ɖe dzi, abe alesi wòka atam na fofowòwo ene;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 13:18
12 Mawu Ofanana  

eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.


Eyaŋuti amesiame, si se nye nya siawo, eye wòwɔ wo dzi la, matsɔe aɖo ŋutsu nyanu, si tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi la ŋuti;


Megaɖui o, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo, le esi nèwɔ nusi dze Yehowa ŋu la ta.


Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o;


Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa