Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 13:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 13:16
13 Mawu Ofanana  

Amesi sa vɔ na mawu bubu wo, eye menye Yehowa ɖeɖe ko o la, woadɔ busui.


Nya ɖe Damasko ŋu: Kpɔ ɖa, woaɖe Damasko ɖa maganye du azɔ o, eye wòatrɔ zu anyiglãgo.


Elabena èna du la zu anyiglãgo, eye mɔ̃ sesẽ la zu glikpo, du bubu me towo ƒe fiasã maganye du o, eye womagatui akpɔ gbeɖegbeɖe o.


Eyata Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye mana aʋaɣli naɖi ɖe Amon-viwo ƒe Raba ŋu, be woazu anyiglãgo, woatɔ dzo eŋu duwo, eye Israel agaxɔ eƒe domenyinu, Yehowa ye gblɔe.


Mawɔ wò nazu agakpe ƒeƒle, ɖɔsiaƒe nazu, eye womagatso wò akpɔ o; Aƒetɔ Yehowa be, nye Yehowa ye gblɔe.


Eyata matsɔ Samaria awɔ anyiglãgoe ɖe gbe me kple weingbledeƒee, malɔ eƒe kpewo aƒu gbe ɖe abu me, eye maɖi ƒeƒle eƒe agunu.


Mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo, eye wo ŋu sika kple klosalo megabiã ŋu na mi, ne miatsɔ wo na mia ɖokui ahaɖo mɔ̃ me o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa, mia Mawu la.


Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.


Eye wotsɔ yi tsrɔ̃ ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo kple alẽwo kpakple tedziwo keŋkeŋ.


Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.


Le ɣemaɣi Yosua ka atam bena: Ŋutsu, si atso, be yeagbugbɔ Yerixo-du sia atso la, aɖi eŋu le Yehowa ŋku me. Via ŋgɔgbea ƒe ku wòatsɔ aɖo egɔme anyi, eye eƒe dɔmlɔea ƒe ku wòatsɔ aɖe agbo enu!


Eye Yosua tɔ dzo Ai, eye wòwɔe aƒedo gbidigbidi vaseɖe egbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa