Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 13:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ele be, naƒu kpee woaku, elabena edi be, yeana natrɔ le Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi la yome;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 13:11
11 Mawu Ofanana  

Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Ne èƒo fewuɖula la, ekema eme bebewu adze nunya; ne woke mo na nugɔmesela la, ekema adze si nu.


Ne wohe to na fewuɖula la, ekema amebebewu dzea nunya; ke ne wofia nu nunyala la, edzea si nu.


Gblɔ na Israel-viwo be: Ne Israel-viwo dometɔa ɖe alo amedzro, si le Israel la, tsɔ via na Molex la, woawui, anyigbadzitɔwo naƒu kpee woaku.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yɔ dukɔ la ƒe amegãwo katã ƒo ƒu, eye wòatrɔ ati vodalawo ɖe ŋdɔgbe na Yehowa, ne Yehowa nadzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe Israel ŋu!


eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃, ne womagawɔ nu vɔ̃ɖisia tɔgbe le mia dome azɔ o.


bena Israel blibo la nasee, eye wòavɔ̃, ne womagasẽ to azɔ o.


Eye ame mamleawo asee, eye woavɔ̃, ne womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tugbe le dowòme azɔ o.


Emegbe dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale naɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, eye Israel blibo la nasee, eye woavɔ̃.


Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa