Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 12:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Negbe ʋu koe miekpɔ mɔ aɖu o, ke boŋ miaɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 12:16
15 Mawu Ofanana  

Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!


Elabena eƒe ʋu le eme, agakpe ƒeƒle dzi wòkɔe ɖo, menye anyigba dzi wòwɔe ɖo, ne ke natsyɔ edzi o.


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miele lã kple ʋu ɖum, mieto mo te ɖe miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi tso, hafi miehe, anyigba la nanye yewo taa?


Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.


Ɖoɖo mavɔ wòanye na miaƒe dzidzimeviwo le mia nɔƒewo katã. Miekpɔ mɔ aɖu lã ƒe ami alo ʋua ɖeke o.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!


Ekpa mo aɖui le wò duwo me, eye amesi ŋu meka o kple amesi ŋu kɔ siaa kpɔ mɔ aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene;


negbe eƒe ʋu ko mèkpɔ mo aɖu o, ke boŋ naɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada;


Eye aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi, wòlé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hetso ʋu wo ɖe anyigba, eye aʋakɔ la ɖu lã, si ƒo ʋu.


Eye wova gblɔe na Saul bena: Kpɔ ɖa, aʋakɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu heɖu lã, si ƒo ʋu! Tete wogblɔ bena: Mieda ƒu; numli kpe gãa ɖe vɛ nam fififi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa