Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 11:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 eye mianɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔ na woa kple wo viwo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 11:9
19 Mawu Ofanana  

Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Eye meɖi va, be maɖe wo le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe, anyigba, si nyo, eye wòlólo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ do, afisi Kanaanitɔwo. Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo le.


Yehowa-vɔvɔ dzia agbe me ŋkekewo ɖo edzi; ke ame vɔɖiwo ƒe ƒewo ato ɖe eme?


Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.


elabena woade agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa va na wò kpaŋkpaŋ.


Elabena wò ŋkekewo asɔ gbɔ to dzinye, eye agbenɔƒewo adzi ɖe edzi na wò.


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Elabena anyigba, sidzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la, mele abe Egipte-nyigba, si dzi nèʋu tso, afisi, ne éƒã nuku la, netsɔa afɔ troa mɔ̃ hedea sii abe amagbebɔ ene la ene o;


ne mia kple mia viwo miano agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔe na wo la dzi, abe alesi dziƒo anɔ anyigba tame eteƒe nadidii ene.


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Bu fofowò kple dawo, abe alesi Yehowa, wò Mawu, ɖe se na wò ene, bena nanɔ agbe didie, eye wòanyo na wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


Wɔ nusi dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋku me, bena eme na-nyo na wò, eye nayi aɖaxɔ anyigba nyui, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo la,


ne miavo Yehowa, mia Mawu la, eye mia kple viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo miawɔ ɖoɖo kple se, siwo megblɔ na mi la dzi, le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, bena mianɔ agbe didie.


Eyata Israel see, lé wo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi, ne wòanyo na wò, eye nadzi ɖe dzi le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi, abe alesi Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.


Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,


Menye esi nènye ame dzɔdzɔe, eye wò dzime kɔ ta nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòanye tɔwo ɖo o, ke boŋ dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò, bena wòawɔ atam, si wòka na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa