Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 11:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wo la, kple ŋku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe,

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 11:7
12 Mawu Ofanana  

Amekae ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nutsuwɔwɔwo ade goe, eye wòaɖe gbe ƒã eƒe ŋkɔxɔxɔwo katã?


ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la afia amegbetɔviwo.


Mikafui le eƒe nutsuwɔwɔwo fa; mikafui ɖe eƒe gãnyenye gbogbo la nu!


kpakple nusi wòwɔ Ruben-vi, Eliab ƒe viŋutsuwo Datan kple Abiram, amesiwo anyigba ke nu mi hekpe ɖe wo xɔwo, wo agbadɔwo kple nu gbagbe, siwo katã le wo si la ŋuti, tso Israel blibo la dome.


Eyata miwo se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nana mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia to,


eyata ɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nawɔ se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi!


eye miekpɔ nutsuwɔwɔ, dzesi kple nukunu gã mawo.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi Yehowa wɔ Baal-Peor, kple miaƒe ŋkuwo, elabena Yehowa, wò Mawu, tsrɔ̃ amesiwo katã dze Baal-Peor yome la ɖa le mia dome,


Menye mía fofowoe Yehowa bia nu sia kpli o, ke boŋ mí, amesiwo katã le agbe le afisia egbe lae.


eye ɖo ŋku ŋusẽnuwɔwɔ, siwo nèkpɔ kple ŋku, dzesiwo kple nukunuwo, asi sesẽ kple alɔ, si wodo ɖe dzi, siwo Yehowa, wò Mawu, tsɔ kplɔ wò la dzi. Alea ke Yehowa, wò Mawu, awɔ dukɔ, siwo katã vɔ̃m nele lae.


Eye Israel subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe eteƒe didi, eye wokpɔ nusiwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa