Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 11:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eyata mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla woɖe ŋgonu le ŋudome.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 11:18
15 Mawu Ofanana  

Meɣla wò nyawo ɖe nye dzi me, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò o.


Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte.


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;


Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;


Mana dzi ɖeka kple mɔ ɖeka wo, ne woavɔ̃m ɣeawo katã ɣi hena woawo ŋutɔ kple wo megbeviwo ƒe nyuie.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


egblɔ na wo bena: Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, naɖe dzigbɔ na mi, eye midee asi na mia viwo, ne wòalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


Eyaŋuti nyemadzudzɔ ŋkuɖoɖo nusiawo dzi na mi akpɔ o, wònye mienyae, eye wona mieli ke ɖe nyateƒe, si li kpli mi la me hafi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa