Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 10:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒowo ƒe dziƒo kple anyigba kpakple nusiwo katã le edzi, wonye Yehowa, wò Mawu la to;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 10:14
21 Mawu Ofanana  

Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram!


Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la


Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Wò ɖeka koe nye Yehowa, wòe wɔ dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo kpakple wo ŋu nuwo katã kple anyigba kple nusiwo katã le edzi, kpakple atsiaƒuwo kple nusiwo katã le wo me la; wòe na agbe wo katã, eye dziƒonuwo le ta dem agu na wò.


Kakati bibiwo dona tsoa eƒe nu me, eye dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.


Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.


Mikafui, mí dziƒo ƒe dziƒowo kple mi dziƒotametsiwo!


Dawid ƒe ha. Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.


Ɖe nye dɔe le wuyem la, ne nyematoe na wò o, elabena tɔnyee nye xexeame godoo kple eme nu gbogboawo.


Mi anyigba dzi fiaɖuƒewo, midzi ha na Mawu, midzi katukafuha na Aƒetɔ la! Sela.


Azɔ ne míaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tanye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee.


Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o;


Elabena anyigba la kple nusiwo katã yɔ edzi la, nye Aƒetɔ la tɔ.


Ke ne amea ɖe gblɔ na mi bena; Trɔ̃wo ƒe vɔsa nye esi la, ekema migaɖui le amesi gblɔe fia mi la kple dzitsinya la ŋuti o.


Menya amea ɖe le Kristo me, ano ƒe wuiene enye esi — eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae — wotsɔ nenem me sia dzoe yi ɖe dziƒo etɔ̃lia me ke.


eye nawɔ Yehowa ƒe se kple ɖoɖo, siwo megblɔ na wò egbe la dzi, bena wòanyo na wò.


Mawu ɖeke mele abe Yesurun ƒe Mawu la ene o, amesi le yiyim le dziƒo, be yeaxɔ na wò, amesi ƒe ŋutikɔkɔe le alilikpowo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa