Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 1:7
19 Mawu Ofanana  

Eye Abram le ʋuʋum le dziehe gome yim ʋeʋeʋe.


Eye Dawid si Zoba-fia Hadadezer, Rexob vi, esi wòva be, yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Dawid si Zoba-fia Hadadezer le Xamat, esime wòva, be yeado eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Frat-tɔsisi la nu.


Sitrai, Saronitɔ, le nyi, siwo ɖua gbe le Saron la nu; eye Safat, Adlai vi, le nyi, siwo le bali me la nu;


enɔ ɣedzeƒe gome ɖo ta gbe dzi tso Frat-tɔsisi la nu, elabena woƒe lãwo dzi ɖe dzi le Gilead-nyigba dzi.


Eye mana wò liƒowo natso Avaƒu la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbedzi vaseɖe tɔsisi la nu; elabena matsɔ anyigbadzitɔwo ade asi na wò, eye nanyã wo le dowòme.


Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me.


Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.


Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.


ke boŋ towo kple gbadzaƒewo le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la dzi, eye wonoa tsi, si dza tso dziƒo;


Afisiafi, si mieɖo afɔe la, azu mia to, eye miaƒe liƒo atso gbedzi kple Libanon gbɔ kpakple Frat nu vaseɖe ɣetoɖoƒe gome le ƒu la nu.


Miaƒe anyigba atso gbedzi kple Libanon sia gbɔ vaseɖe Frat-tɔsisi gã la nu, Xititɔwo ƒe anyigba blibo la vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe gome.


Ale Yosua du anyigba blibo la kple fia, siwo katã le towo dzi, dziehe, gbadzaƒe kple towo ŋu la dzi; mena amea ɖeke si o, eye wòtsrɔ̃ nu gbagbewo katã gbidigbidi, abe alesi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, de se ene.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa