34 Eye esi Yehowa se miaƒe nyawo la, dome vee, eye wòka atam gblɔ bena:
34 Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be,
Mawu see, dzi kui, egbe Israel keŋkeŋ,
ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!
Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;
Azɔ mi nuvɔ̃wɔlawo ƒe dzidzimeviwo, miexɔ ɖe mia fofowo teƒe, be Yehowa nagado dɔmedzoe ɖe Israel ŋu awu.
Ke amekawo wòka atam na bena, ne woahade yeƒe dzudzɔ la me fĩ? Ɖe menye na tosẽlawo o mahã?