eye wògblɔ bena: Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe.
Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!
Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o