Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 1:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tete míeho tso Xoreb heto gbegbe gã dziŋɔ ma, si mia ŋutɔwo miekpɔ la, heɖo ta Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, abe alesi Yehowa, mia Mawu, de se na mí ene: eye mieva ɖo Kades-Barnea.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 1:19
13 Mawu Ofanana  

Eye womegblɔ be: Afika Yehowa, amesi kplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi la le hã o; eya amesi kplɔ mí to gbe dzi, to kuɖiɖinyigba kple blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi, to anyigba, si dzi amea ɖeke metona o, afisi amegbetɔa ɖeke mele o la dzi.


Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.


Setur, Mixael vi, tso Aser-to la me;


Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.


Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.


Alea pɛ mia fofowo wɔ, esi medo wo tso Kades-Barnea, bena woaɖakpɔ anyigba la ɖa.


ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli tso Xoreb ɖo ta Seir-towo gbɔ vaseɖe Kades-Barnea.


Eye megblɔ na mi bena: Mieɖo Amoritɔwo ƒe to, siwo Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mí la gbɔ.


mitrɔ miaho, eye miayi Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, miayi woƒe aƒelika, siwo le tagba, towo dzi kple gbadzaƒe, dzíehe kpakple ƒu ŋu la Kanaanitɔwo ƒe anyigba dzi la gbɔ, eye miaɖo ta Libanon gbɔ ava se Frat tɔsisi gã la nu.


Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.


Ebe le gbedzi kple gbedadaƒo, afisi gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le. Ekpla asi kɔ nɛ, eye wòkpɔ edzi helé be nɛ abe eƒe ŋkuvi ene.


eye naŋlɔ amesi kplɔ wò to gbe gã dziŋɔ ma dzi, afisi da vɔ̃wo kple dziɖegbewo le, afisi tsi vena le, eye wòna tsi ɖo tso agakpe sesẽ la me,


Eye Yosua ɖu wo dzi tso Kades-Barnea vaseɖe Gaza, tso Gosen-nyigba blibo la dzi vaseɖe Gibeon.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa