Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, ana miasɔ gbɔ ɖe dzi zi akpe, eye wòayra mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 1:11
16 Mawu Ofanana  

Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.


tso fofowò ƒe Mawu la gbɔ, eya akpe ɖe ŋuwò! tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, eya ayra wò! Atsɔ dziƒo nu nyuiwo ayra wò, atsɔ tɔ gɔme nu nyuiwo ayra wò, eye atsɔ notsi kple vidzidɔ geɖe ayra wò!


Yoab ɖo ŋu na fia la bena: Ne Yehowa na dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wole, be nye aƒetɔ fia nakpɔe kple eƒe ŋkuwo hã la, nukaŋuti nye aƒetɔ fia le nusia tɔgbe dim ma?


Yoab ɖo ŋu bena: Nye aƒetɔ fia, ne Yehowa na eƒe dukɔ la dzi ɖe dzi zi alafa wu alesi wòle hã la, ɖe menye nye aƒetɔ ƒe dɔlawo ko wo katã wonye oa? Nukaŋuti nye aƒetɔ le nusia tugbe dim, eye nukaŋuti wòatrɔ zu fɔɖiɖi na Israel?


Yehowa adzi mia kple mia viwo de dzi.


Ɖo ŋku wò dɔla Abraham, Isak kple Israel dzi, amesiwo neka atam na, eye nègblɔ na wo bena: Mana miaƒe dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba blibo sia, si ŋugbe meɖo ta, ana miaƒe dzidzimeviwo, bena wòanye wo tɔ tegbee.


Eye mana nasɔ gbɔ abe gbe le gbe me ene! Etsi heka ta, eye neɖo ɖetugbi atiati me; ète no, eye wò ɖa to; ke ènɔ amama heno ƒeƒle.


Tete Mawu gblɔ na Bileam bena: Megayi kpli wo o, eye megaƒo fi ɖe dukɔ la o, elabena woyrae xoxo!


Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, eye mayra wo.


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Aleke nye ɖeka mate ŋu atso miaƒe fuɖenamewo, miaƒe agba kple miaƒe dzrewɔwɔwo?


Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba, si le mia ŋku me la na mi, miyi, ne miaxɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo Abraham, Isak kple Yakob be, yeatsɔe na woa kple wo megbe-viwo.


Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Eye miatrɔ zu ʋee, ɖe esi miasa gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene la teƒe, elabena meɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa