Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




5 Mose 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome.

Onani mutuwo Koperani




5 Mose 1:1
29 Mawu Ofanana  

Eye wònɔ Paran-gbe dzi, eye dada ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte-nyigba dzi.


Wodze mɔ tso Midian va Paran, eye wokplɔ ŋutsuwo ɖe asi tso Paran heva Egipte-fia Farao gbɔ le Egipte; eye wòna xɔe hetia asi nuɖuɖu nɛ, eye wòna anyigbae.


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Eye Israel-viwo ho tso Sinai-gbedzi hamehame, eye alilikpo la va tɔ ɖe Paran-gbedzi.


Emegbe dukɔ la ho tso „nudzrolawo ɖiƒe“ heva Xazerot, eye wotsi Xazerot.


Emegbe dukɔ la ho tso Xazerot, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Paran-gbedzi.


Eye wogbɔ va Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Kades le Paran-gbedzi, hegblɔ dɔgbedenyawo na woa kple ha blibo la, eye wotia anyigba dzi kutsetseawo hã wo.


Eye Mose ɖɔ wo ɖa tso Paran-gbedzi le Yehowa ƒe se la nu; ŋutsuawo, katã nye ame ŋkutawo le Israel-viwo dome.


Míaxɔ domenyinu ɖe wo ti le Yordan godo o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe go si dzi, le ɣedzeƒe gome.


Míabla akpa le Yehowa ŋku me ayi Kanaan-nyigba dzi, bena miaƒe domenyinu nanɔ Yordan ƒe go si dzi.


Eye wogblɔ bena: Ne eve mía nu la, ekema tso anyigba sia na wò dɔlawo, ne wòanye wo to, eye megakpɔ mí yi Yordan godo o.


Woho tso Rimon-Perez heva ƒu asaɖa anyi ɖe Libna,


eye woho tso Libna heva ƒu asaɖa anyi ɖe Risa.


To eve kple afã xɔ woƒe domenyinu ɖe Yordan ƒe go keme dzi le Yerixo kasa le ɣedzeƒe gome.


Du etɔ nanɔ Yordan ƒe go si dzi, eye du etɔ̃ nanɔ Kanaan-nyigba dzi; sitsoƒeduwɔ woanye.


Eye míedzo tso mía nɔvi Esau-viwo, amesiwo nɔ Seir la gbɔ hetrɔ tso Elat kple Ezeon-Geber-tagbamɔ dzi ɖo ta Moab-tagba.


Eye Mose kple Israel-ame tsitsiwo de se na dukɔ la bena: Lé se, siwo katã mede na wò egbea la me de asi.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Miekpɔ nusi Yehowa wo le mia ŋku me ɖe Farao kple eƒe dɔlawo kpakple eƒe dukɔ blibo la ŋu le Egipte-nyigba dzi,


Tete Mose yi ɖagblɔ nya siawo na Israel blibo la,


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


le Yordan ƒe go keme dzi, le tagba le Bet-Peor kasa, le Amoritɔwo ƒe fia Sixon, si nɔ Xesbon la, ƒe anyigba dzi, amesi Mose kple Israel-viwo si, le esime woʋu tso Egipte.


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Ke azɔ Yehowa, mia Mawu, na mia nɔviwò kpɔ gbɔdzɔe, abe alesi wòdo ŋugbe na wo ene; eyata migbugbɔ yi miaƒe agbadɔwo me le miaƒe anyigba, si Yehowa ƒe dɔla Mose na mi le Yordan godo la dzi.


Mose na anyigba Manase-to afã ɖe Basan, eye Yosua na anyigba afã evelia ɖe wo nɔviwò gbɔ le Yordan ƒe ɣetoɖoƒe. Esi Yosua le asi ɖe ge le wo ŋu wòayi woƒe agbadɔwo me la, eyra wo


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Esi fia, siwo katã le towo dzi, gbadzaƒe kple ƒu gã la ŋu le Libanon kasa le Yordan ƒe go keme dzi, siwo nye Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo see la,


kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot.


Eye Samuel ku, eye Israel blibo la kpe ta hefa konyi nɛ, eye woɖii ɖe eƒe me le Rama. Eye Dawid dze mɔ yi Paran-gbedzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa