Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Israel-viwo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le Sinai-gbedzi le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi le tiẽ; alesi Yehowa ɖe se na Mose la, nenema Israel-viwo wɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 eye woɖui le Sinai gbegbe la le fiẽ, le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe. Israelviwo wɔ nu sia nu abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 9:5
18 Mawu Ofanana  

Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


Eye Noa wɔe, abe alesi Mawu de se nɛ ene.


Eye Israel-viwo katã wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose kple Aron ene; nenema wowɔ.


Ble wowu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu dɔwo katã nu, eye Israel-viwo wɔe pɛpɛpɛ, abe alesi Yehowa de se na Mose be, woawɔe ene.


Alesi tututu Yehowa de se na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israel-viwo wɔ dɔ blibo lae.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la wɔ nenema: alesi Yehowa de se na; Mose le Lewitɔwo ŋu ta, nenema Israel-viwo wɔ na wo.


Eye Mose ƒo nu kple Israel viwo be, woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la.


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Miawoe nye xɔ̃nyewo, ne miewɔa nusiwo ƒe se mede na mi.


Eyata, fia Agripa, nyemesẽ to ɖe dziƒoɖeɖefia la ŋuti o;


Le ƒe blanelia me, le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi Mose ƒo nu kple Israel-viwo, abe alesi Yehowa ɖee asi nɛ na wo tututu ene;


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Le xɔse me Abraham ɖo to, esime wòyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.


Eye Mose la nye nuteƒewɔla le eƒe aƒe blibo la katã me abe subɔla ene, bene wòaɖi ɖase le nusiwo woava gblɔ la ŋuti;


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa