Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 9:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ɖewo etsia anyi ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo wu nenema. Ne alilikpo la tsi nɔƒea dzi la, ekema Israel-viwo hã tsia asaɖa la me, eye womehona o; ke ne eho le edzi ta, ekema wohona.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Ne lilikpo la nɔ agbadɔ la tame ŋkeke eve alo ɣleti ɖeka alo ƒe ɖeka la, Israelviwo nɔa asaɖa la me, eye womedzea mɔ o. Ke ne eho la, wodzea mɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 9:22
18 Mawu Ofanana  

hekplɔ wo to mɔtata dzi, ne woayi du, si me woanɔ la me.


Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye; wò gbɔgbɔ nyui la nekplɔm to anyigba sɔsɔe dzi!


Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nam la wò; made aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.


Milé ŋku de eƒe agbogbowo ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!


Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Alesi tututu Yehowa de se na Mose la, nenema pɛpɛpɛ Israel-viwo wɔ dɔ blibo lae.


Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.


Eye Israel-viwo wɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Eye Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la wɔ nenema: alesi Yehowa de se na; Mose le Lewitɔwo ŋu ta, nenema Israel-viwo wɔ na wo.


Ne alilikpo la ho le agbadɔa dzi la, ekema Israel-viwo hona, eye afisi alilikpo la gatrɔ va edzi le la, afima Israel-viwo ƒua asaɖa anyi do.


Eva me ɣeaɖewoɣi bena, alilikpo la tsia anyi tso fiẽ vaseɖe ŋɖi ko; ne alilikpo la ho le ŋdi la, ekema wohona. Ɖewo etsia anyi ŋkeke ɖeka kple zã ɖeka, ne alilikpo la ho la, ekema wohona.


Eye esi eya kpli wo ƒo ƒu la, ede se na wo be, woagadzo le Yerusalem o, ke boŋ woalala Fofo la ƒe ŋugbedodo, si miese tso nunye me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa